Listen

Description

Psalmowo 10

[1] Yehowa, nukaŋuti nètsi tre ɖe adzɔge boo, eye nèɣla le xaxaɣiwo me?
[2] Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dada doa dzikatsoƒoe na hiãtɔwo; woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe aye, si woɖo la, ale woe.
[3] Elabena ame vɔ̃ɖi tsoa eƒe dzimedidiwo ƒoa adegbee, eye ŋubiala ɖea Yehowa ɖe aga heɖea alɔme le eŋu.
[4] Ame vɔ̃ɖi buna le eƒe dada me be: Mabia eta ase o, Mawua ɖeke meli o. Eƒe tamesusu katã nye esi.
[5] Eƒe nuwɔwɔ dzea dzi nɛ ɣesiaɣi; wò ʋɔnudɔdrɔ̃ le dziƒo ʋi tso egbɔ, eye wòɖoa ƒuƒu de eƒe ketɔwo katã yome.
[6] Egblɔna le eƒe dzi me bena: Ke maɖe le tenye akpɔ o, eye amesi maɖo dzɔgbevɔ̃e me ɣeaɖekeɣi akpɔ gbeɖegbeɖe o la, menye.
[7] Ɖiŋudodo, alakpa kple ŋutasẽnya yɔ nu me nɛ taŋ, eye gbegblẽ kple dzɔgbevɔ̃e le eƒe ade te.
[8] Enɔa xa me ɖe agblekɔƒewo xa, ebena wua ame maɖifɔ, eye wònɔa ŋu tsam na ame kudɔewo.
[9] Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzata le eve dodoe me ene, edea xa ɖi, be yealé hiãtɔ la, eye wòléa hiãtɔ la henɔa ehem kple eƒe ɖɔ.
[10] Eƒonɛ ƒua anyi, eye wòmiminɛ ɖe anyigba: eƒe ŋusẽ nana ame kudɔewo dzea anyi.
[11] Egblɔna le eƒe dzi me be: Mawu ƒe ŋku dzo le edzi, eɣla eƒe mo, eye mele ekpɔ ge akpɔ gbeɖegbeɖe o.
[12] Yehowa, tso! Mawu, kɔ wò asi dzi, eye megaŋlɔ hiãtɔ be o!
[13] Nukaŋuti ame vɔ̃ɖi le alɔme ɖem le Mawu ŋu le gbɔgblɔm le eƒe dzi me be, mabia eta ase oa?
[14] Ekpɔe, elabena wò ŋku le hiã kple nuxaxa ŋu, esiwò me wole; hiãtɔwo tsɔe de esi na wò; xɔnametɔ nènye ne tsyɔ̃eviwo.
[15] Ŋe abɔ na eme vɔ̃ɖi kple nuvɔ̃wɔla; ɖe àdi eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye mãkpɔe oa?
[16] Yehowa enye fia tegbetegbe, dukɔwo tsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi.
[17] Wò Yehowa, èɖo to hiãtɔwo ƒe didi, èli ke woƒe dzi, eye nèƒu wò to anyi,
[18] ne natso afia na tsyɔ̃eviwo kple hiãtɔwo, be amegbetɔ magaɖa ɖadzra le anyigba dzi azɔ o.

Ewebible 1913