Listen

Description

Psaume 8(EWEBIBLE )
Psalmowo 8

1 Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gatitɔwo tɔ nu.2Yehowa, mía Aƒetɔ, wò amesi na wò ŋutikɔkɔe gbagba gbɔ dziƒo ta, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!3Deviwo kple vi nonowo ƒe nu me neli ŋusẽ anyi ɖo le wò ketɔwo ta, ne nana ketɔwo kple hlɔ̃bialawo ƒe nu natɔ kpe.4Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo, newɔ la,5nuka nye amegbetɔ, be néɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be néléa ŋku ɖe eŋu?6Esusɔ vie, nena wòsɔ kple Mawu kloe, eye netsɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ.7Etsɔe ɖo wo asinudɔwɔwɔwo nu, eye netsɔ nuwo katã ɖe eƒe afo te:8alẽwo kple nyiwo siaa hekpe ɖe gbemelãwo hã ŋu,9dziƒoxeviwo kple ƒumelãwo kpakple nusianu, si zɔa atsiaƒu me.10Yehowa, mía Aƒetɔ, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!