Listen

Description

Psalmowo 9

[1] Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Ŋutsuvi la ƒe ku“ ƒe gbeɖiɖi nu.
[2] Makafu Yehowa tso dzi blibo me, eye maxlẽ wò nukunuwɔwɔwo katã afia.
[3] Makpa dzidzɔ, dzi adzɔm de ŋuwò, eye manyaowo ŋkɔ, wò dziƒoʋitɔ,
[4] le esi nye tutɔwote gbugbɔ ɖe megbee, wodze anyi, eye wotsrɔ̃ le ŋkuwò me ta.
[5] Elabena woe tso nye nya kple nye kodzoɖoɖo la wode go; ebɔbɔ nɔ fiazi dzi, wò ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe.
[6] Ehe nya de dukɔwo ŋu, ètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, eye nètutu woƒe ŋkɔ da ɖikaɖika.
[7] Wotsrɔ̃ futɔwo, wogbã woƒe duwo wozu aƒedo ɖikaa, eye ŋkuɖoɖo wo dzi megali o.
[8] Ke Yehowa li tegbee, eye wodo eƒe fiazikpui anyi gli de ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu.
[9] Adrɔ̃ ʋɔnu xexeame godoo ɖe eteƒe, eye wòatso afia dzɔdzɔe na anyigba dzi dukɔwo.
[10] Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me.
[11] Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò; elabena wò, Yehowa, megblẽa amesiwo dia yowòme mɔ la ɖi o.
[12] Midzi katukafuha na Yehowa, amesi le Zion, miɖe gbe ƒã ele nutsuwɔwɔwo le dukɔwo dome!
[13] Elabena ebia hlɔ̃ hlɔ̃dolawo, eɖoa ŋku wo dzi, eye meŋlɔa hiãlɔwo ƒe ɣlidodo be o.
[14] Ve nunye, Yehowa! Wò amesi ɖe asi tenye tso ku ƒe agbowo me la, kpa alesi mele fu kpem le nye adikãtɔwo si me la ɖa:
[15] na maxlẽ nya afia le wò ŋkɔxɔxɔwo katã ŋu le Zion-vinyɔnu ƒe duwo me, eye matso aseye le xɔname ŋuti.
[16] Dukɔwo ge dze ɖo, si woawo ŋutɔ woɖe la me, eye ɖɔ, si woɖo di la, ɖe woƒe afɔ.
[17] Yehowa de eɖokui fia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu; ame vɔ̃ɖi ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe eya ŋutɔ. Miyro saŋkuawo! Sela.
[18] Ame vɔ̃ɖiwo kple dukɔ, siwo katã ŋlɔ Mawu be la, negbugbɔ yi tsiẽƒe.
[19] Elabena womaŋlɔ ame dahe be ɖikaa o, eye hiãlɔwo ƒe mɔkpɔkpo mabu tegbee o.
[20] Tso, Yehowa, megana amegbetɔ ƒe alɔ naɖe dzi o! Na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwò me!
[21] Yehowa, do ŋɔdzi na wo, ne dukɔwo nadze sii be, amegbetɔwo yewonye! Sela

Ewebible 1913